2 Chronicles 9:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Solomo tsɔ papawutiwo wɔ atrakpuiwo na gbedoxɔ la kple fiasã la kple kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ haƒonu nyui mawo tɔgbi kpɔ le Yudanyigba blibo la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la tsɔ papawutiawo wɔ adzralawo ɖe Yehowa ƒe xɔ kple fia ƒe xɔ ŋu, eye wòtsɔ wo wɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo; womekpɔ esia tɔgbe le Yuda-nyigba dzi kpɔ tsã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Salomo tsɔ algumtiawo kpa atrakpui ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la kple fiasã la ŋu, eye wòtsɔ ɖe hã wɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo na hadzilawo. Womekpɔ etɔgbe le Yuda-nyigba dzi kpɔ o.