2 Chronicles 9:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etsɔ sika wɔ atrakpui ade kple afɔɖodzinu ɖeka kple abɔɖoƒewo ɖe fiazikpui la ŋu. Abɔɖoƒe nɔ zikpuia ƒe axa eveawo dzi eye wowɔ dzata si le tsitre la da ɖe abɔɖoƒe aveawo ƒe axadzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Atrakpuifɔflɔ ade le fiazikpui la ŋu, eye wòtsɔ sika wɔ afɔdodzimagoevi ɖe fiazikpui la ŋu; alɔ eve le anyinɔƒe la ƒe axawo kple eve dzi, eye dzata eve le tsitre ɖe alɔawo ƒe axawo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Atrakpui fɔflɔ ade le fiazikpui la ŋgɔ, eye afɔɖodzizikpuivi, si wowɔ kple sika la le eŋu. Abɔɖoƒe le anyinɔƒea ƒe axa eveawo dzi, eye dzata eve le tsitre ɖe abɔɖoƒe eveawo xa.