2 Chronicles 9:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ sika wɔ kplu siwo katã me Fia Solomo noa nu le eye nenema ke wotsɔ sika nyuitɔ wɔ nuɖugba kple nuɖaze siwo katã nɔ Lebanon Ƒe Avexɔ la me. Womewɔ naneke kple klosalo o elabena le Solomo ƒe anyinɔɣi la, womebua klosalo be enye nu xɔasi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fia Salomo ƒe nunonuwo katã nye sika, eye Libanon-avexɔ ƒe nuwo katã nye sika nyuitɔ. Le Salomo ŋɔli la womebu klosalo ɖe nemi me hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia Salomo ƒe kpluwo katã nye sika eye Lebanon-ve xɔ la me tsikunuwo katã nye sika nyuitɔ. Le Salomo ŋɔli la, womebu klosalo ɖe naneke me o,