2 Chronicles 9:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hekpe ɖe esiawo ŋu la, sɔ akpe (4,000) ene, siwo wowɔ nɔƒe na, kple tasiaɖamwo kpakple sɔdola akpe wuieve (12,000) nɔ Solomon si le tasiaɖamduwo me kple Yerusalem hena fia la ŋu dzɔdzɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tasiaɖam ŋu sɔ akpe ene le Salomo si hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdola akpe wuieve ŋu, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamwo ƒe duwo me kple fia gbɔ le Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Sɔ kple tasiaɖamxɔ akpe ene nɔ Salomo si hekpe ɖe sɔdola akpe wui eve ŋu, eye wòtsɔ wo ɖo tasiaɖamduawo me kple fia la gbɔ le Yerusalem.