2 Chronicles 9:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ nu bubu siwo Fia Solomo wɔ la ɖe Nyagblɔɖila Natan ƒe ŋutinyawo kple Nyagblɔɖila Ahiya, Silotɔ la ƒe nyagblɔɖiwo kple nukpɔla, ldo ƒe nu siwo wòkpɔ tso Yeroboam, Nebat ƒe vi ŋu la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Salomo ŋutinya susɔeawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Natan ŋutinya kple Silotɔ Axiya ƒe nyagblɔɖiwo kpakple nukpɔla Yedo ƒe nya, siwo wògblɔ ɖe Yerobeam, Nebat vi ŋu la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Salomo ƒe ŋutinya mamlɛawo, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Gbeƒãɖela Natan ƒe Ŋutinyagbalẽwo, Axiya, Silotɔ ƒe gbeƒãɖegbalẽwo kple Gbeƒãɖela Yedo ƒe Ŋutegagbalẽ siwo me wòŋlɔ nu le Israel-fia Yerobeam, Nebat vi ƒe fiaɖuɖu ŋu le la me.