2 Chronicles 9:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
nuɖuɖu nyui siwo woɖo kplɔ̃ dzi, subɔla geɖewo kple awu nyui siwo wodo, ahakulawo kple numevɔ geɖe siwo wòsana na Yehowa la, eƒe nu ku.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
nuɖuɖu, si nɔa eƒe kplɔ̃ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo, eƒe ahakulawo kple woƒe awuwo kpakple numevɔ, si wòsana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
nuɖuɖu si woɖoa kplɔ̃ dzi nɛ, eƒe dɔwɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋumeawo ƒe dɔwɔwɔ kple woƒe nudodowo kpakple numemevɔ siwo wòsana le Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, gbɔgblɔ bu ɖee.