2 Chronicles 9:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si ŋu wò nu nyo eye wòtsɔ wò da ɖe eƒe fiazikpui dzi be nànye fia, anɔ Yehowa, wò Mawu la teƒe le lɔlɔ̃ si wò Mawu tsɔ na Israel kple eƒe didi be yealé wo ɖe asi ɖaa ta la, eɖo wò Fiae ɖe wo nu be nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye nàhe dzɔdzɔenyenye vɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woakafu Yehowa, wò Mawu, amesi ŋu wò nu nyo, be wotsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi nènye fia na Yehowa, wò Mawu la. Esi Mawu lɔ̃ Israel, eye wòna nɔƒee tegbee la, eyata wòtsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu, ne nadrɔ̃ ʋɔnu, eye nawɔ nu dzɔdzɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woakafu Aƒetɔ, wò Mawu, ame si kpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòtsɔ wò ɖo eƒe fiazikpui dzi be nànye fia na Aƒetɔ, wò Mawu. Esi wò Mawu lɔ̃ Israel, eye wòdi be neli ke tegbee ta la, etsɔ wò ɖo fiae ɖe wo nu be nàkplɔ dukɔ la nyuie, eye nàwɔ nu dzɔdzɔe.”