2 Corinthians 1:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Medi be wòanɔ susu me na mi be Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amesi li ke mia kple miawo ɖe Kristo me, eye wòsi ami na mí la, enye Mawu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawue nye ame si doa ŋusẽ míawo kple miawo siaa le ha si dem míele kple Kristo la me. Eyae nye ame si tia mí,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Medi be wòanɔ susu me na mi bena, Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la.