2 Corinthians 10:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, miate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o, be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke magagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bene míagblɔ nyanyuie la afia le anyigba, siwo le mia godo la hã dzi, bene míagaƒo adegbe le ame bubuwo ƒe dɔwɔƒe le nusi wowɔ vɔ xoxo la ŋuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale be míate ŋu agblɔ Nyanyui la agbɔ mia ŋu ayi ɖe dukɔ bubuwo hã me, eye magahiã be míaƒo adegbe le dɔ si ame aɖewo wɔ xoxo le teƒe mawo la ŋu o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le esia megbe la, míate ŋu akpɔ mɔ atsɔ Kristo ƒe nyanyui la ayii na dukɔ siwo le adzɔge le mia gbɔ afi si ame aɖeke mede haɖe o be woawo hã nadze si Kristo. Ale be ame aɖeke nagagblɔ be yee nye ame gbãtɔ si tsɔ nyanyui la yi du ma me hafi míeva o.