2 Corinthians 10:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu si le fu ɖem na mi lae nye be mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme be ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Kristo ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, míawo hã míate ŋu agblɔ esia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe miekpɔa nusiwo le ŋku me la ɖa? Ne amea ɖe ɖoa ŋu ɖe eɖokui ŋu bena, Kristo to yenye la, ekema eyama nagasusu esia hã le eɖokui me bena, alesi ke ye ŋutɔ nye Kristo tɔ la, nenema ke míawo hã míenye eto.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Milé ŋku ɖe nu siwo le dzedzem le mia ŋkume la ŋu. Ne ame aɖe ka ɖe edzi be Kristo tɔe yenye la, neɖo ŋku edzi be, abe ale si ye hã yenye Kristo tɔ ene la, nenema ke míawo hã míenye Kristo tɔwoe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu si le fu ɖem na mi lae nye be, mietsɔ ameŋkumekpɔkpɔ ɖo dɔe, eye miele nye hã kpɔm be ŋusẽ aɖeke mele ŋunye o. Ke medi be miase egɔme bena ne ame aɖe ate ŋu agblɔ be Krsito ƒe ŋusẽ le ye si tututu la, nye Pauloe ate ŋu agblɔ esia.