2 Corinthians 10:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖewohĩ la, awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene, gake nye la, menye ŋukpe nam o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mi ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nenye be, maƒo adegbe via ɖe wu le míaƒe ŋusẽ, si Aƒetɔ la tso na mi, bene míado mi ɖe ŋgɔ, eye menye be, miagblẽ mi o la ŋuti la, ŋu mele kpe ye ge o,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ne maƒo adegbe vie wu ale si dze, le ŋusẽ si Aƒetɔ la na mí be míatsɔ anyi mi ne miatsi, ke menye be míatsɔ agblẽ nu le mia ŋu o ŋuti gɔ̃ hã la, ŋu makpem o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đewohĩ la awɔ na mi abe ɖe mele adegbe ƒom akpa le Kristo ƒe ŋusẽ si wònam la ta ene. Gake nye la menye ŋukpe nam bena maƒo adegbe le Kristo ƒe ŋusẽ si wonam la ta o, elabena ɖe wòna ŋusẽ siam be matsɔ tu mii ɖe edzi, menye be matsɔ agblẽ nu le mia ŋu o.