2 Corinthians 11:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Adegbe sia ƒoƒo kple kakaɖedzi menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o, gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nue ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nusi gblɔm mele la, nyemele egblɔm ɖe Aƒetɔ la nu o, ke abe bometsila ene boŋ, le adegbeƒoƒo ƒe dziɖoɖoɖeŋu sia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nyateƒe me la, nya si gblɔm mele la, menye Aƒetɔ lae na ŋusẽm be magblɔe o, ke mele egblɔm abe ale si dzi ɖoa movitɔ ƒo, wòƒoa adegbee la ene.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Adegbe sia ƒoƒo menye nu si Aƒetɔ la di tso asinye be mawɔ o gake mele eƒo ge abe ale si ame tagbɔmanɔsitɔ ƒoa nui ene.