2 Corinthians 11:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ esi meva mia gbɔ, eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me, eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Alo ɖe esi mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi, bene woado miawo ɖe dzi la, ɖe mewɔ nuvɔ̃ bena, megblɔ Mawu ƒe nyanyuie la fia mi fetu maxɔmaxɔe mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi meɖe gbeƒã Mawu ƒe Nyanyui la na mi la, nyemexɔ naneke le mia si o. Mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi boŋ be woado miawo ɖe dzi. Esia nye nuvɔ̃ mewɔa?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ esi meva mia gbɔ eye meɖe gbeƒã Mawu ƒe nyanyui la na mi le ɖokuibɔbɔɖeanyi blibo me eye nyemexɔ naneke le mia si o la, eyae nye nu vɔ̃ si mewɔ ɖe mia ŋu eya ta miebum ɖe naneke me oa?