2 Corinthians 12:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mezu bometsila; gake miawoe zi dzinye. Elabena nye la miawoe lakafum hafi; elabena nyemetsi megbe le naneke me le apostolo, siwo ko akpa la ŋu o, wònye nyemenye naneke hafi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mewɔ movinu pɛ! Ke miawoe dɔm mewɔe, elabe miawoe wòle be miakafum hafi. Togbɔ be nyemeɖi naneke o hã la, amedɔdɔ deŋgɔ mawo menyo wum le go aɖeke me kura o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe lãtɔ ene. Evɔ la miawoe wòle be miakafum ke menye nye ŋutɔe wòle be makafu ɖokuinye hafi o eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si, si mele asinye o.