2 Corinthians 12:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena mele vɔvɔ̃m bena, ne meva mia gbɔ la, nyemakpɔ mi abe alesi mele didim ene o, eye miawo la míakpɔ nye hã, abe alesi miele didim o ene; bena dzrewɔwɔwo, ŋuʋaʋãwo, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, ameŋuzɔzɔwo, sakplisasawo, ɖokuidodoɖedziwo, nyamanyamawɔwɔwo anɔ anyi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mevɔ̃ be ɖewohĩ ne meva mia gbɔ la, nyemava tu mi, mianɔ abe ale si medi be mianɔ la ene o. Nenema ke miawo hã miele kpɔ ye ge, abe ale si miedi be manɔ la ene o. Ɖewohĩ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, ameŋugbegblẽ, ameŋunyagbɔgblɔ, dàda kple masɔmasɔ anɔ mia dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi, kple mama le mia dome.