2 Corinthians 12:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ nam bena: Nye amenuveve so gbɔ na wò; elabena nye ŋusẽ zu blibo le gbɔdzɔgbɔdzɔ me. Eyata mele lalam wu bena, maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, bene Kristo ƒe ŋusẽ nana dzinye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ɖeko wògblɔ nam be, “Amenuvenu si nèkpɔ tso gbɔnye la sɔ gbɔ na wò, elabe nye ŋusẽ dzena ƒãa, ne ŋusẽ aɖeke mele ame ŋutɔ ŋu o.” Eya ta matsɔ nu siwo na be ŋusẽ mele ŋunye o la ko aƒo adegbee dzidzɔtɔe geɖe wu, bene Kristo ƒe ŋusẽ naxɔ aƒe ɖe menye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ɣesiaɣi la Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Ao, meli kpli wò. Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò. Elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye tsɔ wu be maɖe nye ŋutɔ nye ŋusẽ kple ŋutetewo afia.