2 Corinthians 13:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mlɔeba la, nɔviwo, midze agba be mianɔ agbe nyuie. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me, eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mlɔeba la, nɔviwo, dzi nadzɔ mi, mizu blibo, mina woafa akɔ na mi, miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka, mina anyi le ŋutifafa me, eye lolo kple ŋutifafa Mawu anɔ anyi kpli mi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mlɔeba la, nɔvinyewo, minɔ anyi nyuie. Miɖɔ miaƒe agbenɔnɔ ɖo; miwɔ ɖe nye nuxlɔ̃amenya dzi; miaƒe tamesusu nesɔ; minɔ anyi le ŋutifafa me. Mawu si lɔ̃ amegbetɔ, eye wònaa ŋutifafa la, nenɔ kpli mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu nye agbalẽa nu kple nya mamlɛtɔ siawo bena, Minɔ dzidzɔkpɔkpɔ dzi ɖaa. Mitsi ɖe edzi le Kristo me. Miɖo to nya siwo katã megblɔ na mi. Minɔ anyi le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me. Eye ŋutifafa kple lɔlɔ̃ ƒe Mawu la nanɔ anyi kpli mi.