2 Corinthians 13:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristo megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena miele dzesi dim le Kristo, si le nu ƒom le menye la si, amesi megbɔdzɔ le mia gbɔ o, ke enu sẽ le mia dome la boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia nye kpeɖodzi si dim miele be yewoanya be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Eya megbɔdzɔ le nu siwo wòwɔna kple mi la me o. Eƒe ŋusẽ le te le mia dome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena miele nane dim be wòaɖo kpe edzi na mi be Kristoe le nu ƒom to dzinye. Kristoa megbɔdzɔ le tohehe na mi me o, ke esẽ ŋu le mia dome.