2 Corinthians 3:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyae na nu sia nu si míehiã la mí, be míanye nubabla yeye la ƒe dɔlawo. Womeŋlɔ nubabla yeye sia ɖi o, Gbɔgbɔ la mee wòle. Nubabla si woŋlɔ ɖi la, wua ame, ke Gbɔgbɔ la ya naa agbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu nye ame si de dɔ sia asi na mí bena míaɖe gbeƒã nubabla yeye si wòwɔ be ame sia ame nakpɔ agbe mavɔ la. Nubabla yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye be ame nadze agbagba awɔ ɖe Se Ewoawo dzi la gbɔ, ke yeyetɔe nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me. Elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.