2 Corinthians 4:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Míenya be Mawu, ame si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre, eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena mienya bena, amesi fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã kple Yesu, eye wòatsɔ mia kpli mi siaa atu tsitre afia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míenya be Mawu, si fɔ Aƒetɔ Yesu ɖe tsitre la, afɔ míawo hã ɖe tsitre kple Yesu, eye wòakplɔ mí kpakple miawo siaa ava eŋkume.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míenya be Mawu ame si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, afɔ míawo hã kple Kristo ɖe tsitre eye wòatsɔ mí kple miawo siaa nɛ.