2 Corinthians 4:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie, eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe si ƒo nuwo katã ta la mí ɖaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fu sue si kpem míele fifia la, manɔ anyi ɖaa o. Ele mía dzram ɖo na ŋutikɔkɔe mavɔ, si womate ŋu atsɔ asɔ kple naneke o la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Xaxa kple fuwɔame siwo katã le mía dzi vam fifia la nu gbɔna yiyi ge kpuie. Eye le esia teƒe la, Mawu ana eƒe yayrawo kple ŋutikɔkɔe geɖe mí ɖaa tso mavɔ me yi mavɔ me.