2 Corinthians 4:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu ame si gblɔ be, “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena Mawu, si gblɔ be: Kekeli nado tso viviti me la, enye amesi klẽ ɖe míaƒe dziwo me, bene Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze ƒe kekeli naklẽ le Yesu Kristo ƒe ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu si gblɔ be, “Kekeli neklẽ tso viviti me” la, eya kee klẽ ɖe míaƒe dziwo me, be yeana míadze si Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒãa le Kristo ŋkume.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu ame si gblɔ be: “Kekeli neklẽ ɖe viviti me la,” kee nye ame si klẽ ɖe míawo hã ƒe dzi me. To esia wɔwɔ me la, ena be míexɔ kekeli la ƒe sidzedze, si nye eƒe ŋutikɔkɔe si klẽna tso Kristo me.