2 Corinthians 5:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena mí katã míava tsi tsitre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí, eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, àxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, àxɔ fetu vɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ele na mí katã be míado ɖe Kristo ŋkume, be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí. Ame sia ame laxɔ fetu si dze nɛ la, nyui alo vɔ̃, le agbe si ƒomevi wònɔ le ŋutilã sia me la nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena mí katã míava tsi tre ɖe Kristo ŋkume gbe ɖeka, bena wòadrɔ̃ ʋɔnu mí eye wòadzro míaƒe agbenɔɣinuwɔnawo me tsitotsito. Eye wòaxe fe na ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe ale si wònɔ agbe le anyigba dzii la nu. Ne èwɔ nu nyui la, ãxɔ fetu nyui eye ne èwɔ vɔ̃ la, ãxɔ fetu vɔ̃.