2 Corinthians 5:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye míedzro eme kpɔ kpɔ esia bena, esi ame ɖeka ku ɖe amewo katã ta, eyata amewo katã ku. Eye wòku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku, eye wògatsi tre le wo ta la boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame sia ku na amewo katã, ale be ame siwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke boŋ na ame si ku, eye wofɔe ɖe tsitre le wo ta la ɖeɖe ko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖo lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuvevenunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la, eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.