2 Corinthians 5:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu siawo katã tso Mawu, ame si wɔ mí etɔwoe to Kristo dzi la gbɔ. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va ye gbɔe ne yeakpɔ nublanui na wo, eye woawɔ ɖeka kple ye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wo katã tso Mawu gbɔ, amesi lé avu le mía kple eɖokui dome to Yesu Kristo dzi, eye wòna avuléle ƒe subɔsubɔdɔ mí.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawue wɔ nu siawo katã. Eyae to Kristo dzi lé avu le mí kple eya ŋutɔ ɖokui dome, eye wòna subɔsubɔdɔ sia mí, be míawɔ ame bubuwo hã woava zu exɔlɔ̃wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu siawo katã tso Mawu dɔmenyotɔ la gbɔ, ame si gbɔ agbe míawo hã eye wògawɔa mí etɔwoe to Kristo dzi. Mawu ŋutɔ tsɔ dɔ nyui sia de asi na mí be míakplɔ ame bubuwo hã va egbɔe be wòakpɔ nublanui na wo eye woawɔ ɖeka kplii.