2 Corinthians 6:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mí, ame siwo le hadɔ wɔm kple Mawu la, míele nu xlɔ̃m mi be migana ale si Mawu ve mia nui la, nazu dzodzro o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi mí kata míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi bena migado vlo Mawu ƒe amenuveve la o.