2 Corinthians 6:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ le nuwo katã me la mieɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene; Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke boŋ míeɖea mía ɖokui fiana le nu sia nu si míewɔna la me be Mawu ƒe subɔlawo míenye. Ne míexaxa, alo le fu kpem, alo ne hiã tu mí la, míedoa dzi sesĩe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene.