2 Corinthians 6:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woƒo mí, eye wode mí gaxɔ me. Ame siwo lɔ veve helĩhelĩ ɖe dzi me la tso ɖe mía ŋu kpɔ. Míewɔ dɔ sesĩe, eye ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e, eye dɔ wua mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne woƒo mí, alo de mí gaxɔ me; ne wode zi mía me alo wona míewɔ dɔ abe kluvi ene; ne míetsi ŋudɔ alo míetsi nu dɔ hã la,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woƒo mí eye wode mí gaxɔ me, ame siwo lɔ veve helihelĩ ɖe dzime la tso ɖe mía ŋu kpɔ, míewɔ dɔ sesĩe ale be ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e eye dɔ wua mí.