2 Corinthians 6:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le anukwarenya me, le Mawu ƒe ŋusẽ me; heto dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnu, siwo le nuɖusi me kple mia me la me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
kple míaƒe gbedeasi la ƒe nyateƒenyenye kpakple Mawu ƒe ŋusẽ kpena ɖe mía ŋu. Míeléa nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe ɖusi kple mia abe míaƒe aʋawɔnuwo ene. Woawoe míetsɔna ʋlia mía ɖokui tae, eye woawo míegatsɔna lũna ɖe futɔwo dzi hãe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, esi nana be míekpɔa dziɖuɖu ɣesiaɣi. Eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.