2 Corinthians 7:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miawo ŋutɔ mikpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia si miexa ɖe Mawu ƒe didi nu la he vevidodo geɖe vɛ na mi. Ena mieku kutri, eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wowɔ la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena kpɔ ɖa, nenem nuxaxa sia, si míexa ɖe Mawu ƒe didi nu la, aleke wòhewɔ veviedodo geɖe na mi? Ẽ mia ɖokui taʋiʋli, ẽ dzibibi, ẽ vɔvɔ̃, ẽ didi vevi, ẽ ŋuʋaʋã, ẽ hlɔ̃biabia hã! Nusianu me míeɖe mia ɖokui fia be, mienɔ dzadzɛ le nya sia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ ale si vevesese sia tɔgbe, si Mawu di la, le dɔ wɔm le mia me la ɖa; enana be miedoa vevie nu wɔna; enana be miedina be yewoanɔ dzadzɛ; enana be miedoa dziku ɖe nu masɔmasɔ ŋu; enana be mievɔ̃na; enana be miekpɔa mɔ na nu vevie; enana be mietsɔa dzo ɖe nu ŋu; enana be miedina be woahe to na nu madzɔmadzɔ wɔla. Le nuwo katã me la, mieɖe mia ɖokui fia be miele dzadzɛ le nya la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miawo ŋutɔ mikpɔ nu si Mawu wɔ na mi to agbalẽ si meŋlɔ na mi dzi la ɖa. Ena mieku kutri eye mietsi dzimaɖi be yewoatsri nu vɔ̃ si ŋu meƒo nu le na mi la wɔwɔ. Vɔvɔ̃ ɖo mi le nuwɔna ma ta eye miedi gɔ̃ hã be mava kpe ɖe yewo ŋuti le nya sia me. Miehe to na ame siwo wɔ nu gbegblẽ sia hã vevie, eye mieɖe mia ɖokui fia be miede nu si wòwɔ la dzi o.