2 Corinthians 8:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le nyateƒe me la, hameawo tia nɔvi sia hã be eya hã nanɔ mí ame siwo le miaƒe nunanawo tsɔ ge ayi Yerusalem la dome. Míele dɔ sia wɔm be míatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋuti eye míaɖe ale si wònye míaƒe didi vevie be míakpe ɖe mía nɔewo ŋuti la hã afia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Hekpe ɖe esia ŋu la, hameawo tiae be wòazɔ mɔ kpli mí hena amenuvedɔ sia wɔwɔ. Dɔ sia la, ɖe míele ewɔm be woatsɔ akafu Aƒetɔ lae, eye míatsɔ aɖe ale si míedi vevie be míawɔe la afia.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006