2 Corinthians 9:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena menya bena, miele edzi lɔ̃m, eye metsɔ esia ƒo adegbe le mia ŋuti le Makedoniatɔwo gbɔ, bena Axaya dzra eɖokui ɖo xoxo anɔ ƒe ɖeka enye si, eye veviedodo, si tso mia gbɔ la, de dzo ame geɖeawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menya ale si miele klalo be yewoana kpekpeɖeŋu lae. Metsɔ mi ƒo adegbee na Makedoniatɔwo be nɔvi siwo le Axaya la, le klalo le ƒe si va yi me ke be yewoana kpekpeɖeŋu. Ale miaƒe vevidodo nu sia de dzo wo dome ame akpa gãtɔ me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodzea nudzɔdzɔ gɔme.