2 Corinthians 9:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ, eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bena nenye ɖe Makedoniatɔwo ava kpakplim, eye woakpɔ bena, miedzra mia ɖokui ɖo ɖi o la, ŋu nagakpe mí — míele didim be, miagblɔ be miawo ke la — le dziɖoɖo ɖe mia ŋu sia ŋuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne menye nenema o la, ne nɔvi siwo le Makedonia la dometɔ aɖe va kplim, eye wòkpɔ be miele ŋudzɔ o la, ekema ŋu akpe mí; nyemedi be maƒo nu tso ŋu si akpe miawo ya ŋu o, elabe woabu be meka ɖe mia dzi fũu akpa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.