2 John 1:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi, gake nyemaŋlɔe kple agbalẽŋlɔtsi kple agbalẽ o, ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa, eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nya geɖe gali be, maŋlɔ aɖo ɖe mi; gake nyemelɔ̃ be, matsɔ agbalẽ kple agbalẽŋlɔtsi aŋlɔ wo o, ke boŋ mele mo kpɔm be, mava mia gbɔ, eye ne mieɖo go ŋku me kple ŋku me la, míaƒo nu, bene miaƒe dzidzɔ nazu blibo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be nya geɖe le asinye, siwo medi be maŋlɔ aɖo ɖe mi hã la, nyemaŋlɔ wo ɖe agbalẽ dzi kple nuŋlɔtsi aɖo ɖe mi o. Le ema teƒe la, mele mɔkpɔkpɔ me be nye ŋutɔ mava mia gbɔ ava gblɔ wo na mi ŋkume kple ŋkume, ale be mí katã míakpɔ dzidzɔ wòade edeƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya geɖe li si madi be maŋlɔ na mi gake nyemaŋlɔe kple nuŋlɔti kple agbalẽ o. Ke boŋ mele mɔ kpɔm be mava kpɔ mi ɖa eye míaɖo dze ŋkume kple ŋkume, ale be míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.