2 John 1:7 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ameblela geɖewo siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexea me. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameblela geɖewo do kaka ɖe xexea me. Ame siawo gblɔ be Yesu Kristo meva xexea me abe amegbetɔ ene o. Ameblelae nye ame sia tɔgbe, eye wònye Kristo ƒe futɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameblela geɖewo, ame siwo mexɔe se be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene le ŋutilã me o la kaka ɖe xexeame. Ame siawo dometɔ ɖe sia ɖe nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.