2 John 1:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o, ke boŋ miaxɔ fetu si de blibo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bene miagabu dɔ, siwo miewɔ la o, ke boŋ fetu blibo nasu mia si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be nu si míeku kutri, va xɔ fifia la, nagabu o, ke boŋ be fetu blibo la katã nazu mia tɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mikpɔ nyuie be nu si ŋu miedze agbagba le la nagage le mia si o ke boŋ, miaxɔ fetu si de blibo.