2 Kings 1:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eliya ɖo eŋu be, “Nenye Mawu ƒe amee menye tututu la, ekema dzo nage tso dziƒo eye wòafia wò kple wò ame blaatɔ̃awo!” Enumake dzo ge tso dziƒo eye wòfia aʋakplɔla la kple ame blaatɔ̃wo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Eliya ɖo ŋu gblɔ na ame blaatɔ̃wo ƒe amegã bena: Nenye Mawu ƒe amee menye la, ekema dzo netso dziƒo, ne wòafiã mia kple wò ame blaatɔ̃awo! Tete dzo tso dziƒo hefiã eya kple eƒe ame blaatɔ̃awo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eliya ɖo eŋu na aʋakplɔlaa be: “Nenye Mawu ƒe ame menye la, ekema dzo netso dziƒo ne wòava fiã wò kple wò ame bla atɔ̃awo!” Enumake dzo tso dziƒo va fiã aʋakplɔlaa kple eƒe ameawo.