2 Kings 1:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖo eŋu be, “Ŋutsu aɖe va tu mí eye wògblɔ na mí be, ‘Mitrɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ eye miagblɔ nɛ be, “Nu si Yehowa gblɔe nye: Ɖe Mawu aɖeke mele Israel o tae nèle amewo dɔm be woaɖabia gbe Baal Zebub, Ekrontɔwo ƒe mawua? Eya ta màfɔ le aba si dzi nèmlɔ la dzi o. Àku godoo!” ’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖo ŋu nɛ bena: Ŋutsua ɖe va kpe mí, eye wògblɔ na mí bena: Mitrɔ gbugbɔ yi fia, si dɔ mi ɖa la gbɔ, eye migblɔ nɛ bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Esi Mawua ɖeke mele Israel o ta, nèdɔ ame ɖo ɖa, be woaɖabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub a? Eyata aba, si dzi nède la, màgaɖi le edzi akpɔ o, ke boŋ àku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo eŋu nɛ be: “Ŋutsu aɖe va kpe mí le mɔa dzi, eye wògblɔ na mí be: ‘Migbugbɔ yi fia si dɔ mi la gbɔ ne miagblɔ nɛ be: Ðe Mawu mele Israel o tae nèdɔ amewo be woaɖabia nu na ye le Baal-Zebub le Ekrontɔwo ƒe mawu gbɔa? Le esia ta Aƒetɔ be màɖi le abati si dzi nèmlɔ la akpɔ o. Ðeko nàku.’ ”