2 Kings 10:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yehu dzo le amedzrodzeƒea la, edo go Yehonadab, Rekab ƒe vi, ame si gbɔna be yeakpee. Wodo gbe na wo nɔewo eye Yehu biae be, “Èle dzinye abe ale si mele dziwò enea?” Yehonadab ɖo eŋu be, “Ɛ̃.” Yehu gblɔ nɛ be, “Ekema na asim!” Ena asii eye Yehu na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodzo tso afima heva ɖo go Rexab vi Yonadab, amesi va ekpe ge. Tete wòdo gbe nɛ biae bena: Wò dzi me kɔ, abe alesi nye dzi le ɖe wo dzi ŋu enea? Yonadab ɖo ŋu bena: Ele nenema! Yehu be: Ne ele nenema la, ekema na asim kpɔ! Eye wòna asii. Tete wòna wòɖo egbɔ le tasiaɖam la me,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yehu dzo le afi ma la, eva do go Yonadab, Rexab vi, wògbɔna ekpe ge. Edo gbe nɛ hebiae be: “Wò dzime kɔ ɖe ŋunye abe ale si tɔnye kɔ ɖe ŋuwò enea?” Yonadab ɖo eŋu be: “Ekɔ nenema.” Yehu gblɔ be: “Ne ele me la, ekema nà asim ɖe edzi.” Ena asii, ale Yehu na wòge ɖe tasiaɖam la me le egbɔ.