2 Kings 10:30 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Yehu be, “Èwɔe nyuie be èwɔ nye ɖoɖowo dzi eye nètsrɔ̃ Ahab ƒe dzidzimeviwo. Le esia ta la, mana wò dzidzimeviwo naɖu fia va se ɖe dzidzime enelia dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gblɔ na Yehu bena: Esi nèwɔ nusi dze ŋunye pɛpɛpɛ, eye nèwɔ Axab ƒe aƒe la, abe alesi le nye dzi me tututu ene la, eyata viwòwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi vaseɖe dzidzime enelia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ na Yehu be: “Esi nèwɔ nu si dze eye nètsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la ɖe nye didi nu ta la, mana viwòwo naɖu fia le Israel va se ɖe dzidzime enelia dzi.”