2 Kings 10:34 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ Yehu ƒe wɔna mamlɛawo ɖe Israel Fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehu ŋutinya susɔeawo, nusiwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo katã da, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yehu ƒe ŋutinya mamlɛawo kple nu siwo katã wòwɔ kpakple eƒe kalẽwɔwɔ la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.