2 Kings 10:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehu ɖo eŋu ɖo ɖe wo be, “Ne miele dzinye eye miele nye ɖoɖowo dzi wɔ ge la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ Ahab ƒe viŋutsuwo ƒe tawo vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣe aleawo ɣi.” Ahab ƒe viŋutsu blaadre siawo nɔ amegãwo ƒe aƒewo me le dua me, afi si wonyi wo le tso woƒe ɖevime ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe wo zi evelia bena: Ne míenye tanye, eye miebe, yewoaɖo to nye gbe la, ekema mitsɔ miaƒe aƒetɔ ƒe viŋutsuwo ƒe tawo va gbɔnye le Yezreel etsɔ wòalé siawo! Fia viŋutsuawo le ame blaadre, eye wonyi wo le dua me bubumewo gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yehu ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe wo zi evelia be: “Ne miele dzinye, eye miedi be yewoawɔ nye gbe dzi la, mitsɔ miaƒe aƒetɔ viŋutsuawo ƒe ta vɛ nam le Yezreel etsɔ ɣealeawoɣi.” Fia Axab viŋutsu bla adrẽawo le bubume siwo le wo hem la gbɔ le dua me.