2 Kings 11:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. Yehoyaɖa ɖo dzɔlawo Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete dukɔ hahoo la katã ge ɖe Baal ƒe me, womũ eƒe vɔsamlekpuiwo, eye wogbã eƒe legbawo gudugudu, eye wowu Baal ƒe nunɔla Matan ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. Eye nunɔla la ɖe dzɔlawo ɖo Yehowa ƒe aƒea ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete dukɔmetɔwo katã ge ɖe Baal ƒe gbedoxɔ me. Womu eƒe vɔsamlekpuiwo, gbã eƒe legbawo gudugudu, eye wowu Baal nunɔla Matan ɖe vɔsamlekpuiawo ŋgɔ. Nunɔla Yehoyada ɖe dzɔlawo ɖo Aƒetɔ ƒe aƒea ŋu.