2 Kings 11:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Nyɔnufia Atalia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me la, nunɔla Yehoiada yɔ fiasãŋudzɔlawo kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Edo go wo le gbedoxɔ la me eye wòna woka atam nɛ be yewomagblɔe na ame aɖeke o. Ale wòtsɔ fiavi la fia wo
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le ƒe adrelia me la Yehoyada do woɖayɔ bia towo kple fia ŋu asrafowo ƒe ame alafawo ƒe amegãwo vɛ, eye wòkplɔ wo yi Yehowa ƒe me hebla nu kpli wo, eye wòna woka atam nɛ le Yehowa ƒe me, eye wòfiã fiavi la wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke le ƒè adrẽlia me la, nunɔla Yehodaya dɔ woɖayɔ fia ŋu dzɔlawo ƒe tatɔwo kple amegã siwo le asrafo alafawo nu la va egbɔe le Aƒetɔ ƒeme. Ebla nu kpli wo, na woka atam nɛ le Aƒetɔ ƒeme, eye wòɖe fia vi la fia wo.