2 Kings 11:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋafia si kpɔa asrafo alafa ɖeka dzi la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ame alafawo ƒe amegãwo wɔ pɛpɛpɛ, abe alesi nunɔla Yehoyada de se ene, eye wo dome amesiame ɖe eƒe amewo, amesiwo ɖo dɔ me le dzudzɔgbe dzi kple amesiwo do le dɔ me le dzudzɔgbe dzi siaa, eye wova nunɔla Yehoyada gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tatɔawo wɔ nunɔla Yehoyada ƒe nya dzi pɛpɛpɛ, eye wokplɔ woƒe ameawo vɛ nɛ. Woɖe ame siwo yi dɔ me le dzudzɔgbe kple ame siwo do le dɔ me le dzudzɔgbe la siaa va nunɔla Yehoyada gbɔ.