2 Kings 13:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Yuda-fia Axazya ƒe vi Yoas ƒe ƒe blave vɔ etɔ̃lia me la Yehu ƒe vi Yoaxaz zu fia de Israel dzi le Samaria ƒe wuiadre.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yuda-fia Yoas, Axazya vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla eve vɔ etɔ̃lia me la, Yoaxaz, Yehu vi zu fia ɖe Israel nu. Eɖu fia le Samaria ƒe wui adrẽ.