2 Kings 13:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yoas ŋutinya susɔeawo, nusiwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo kpakple aʋa, si wòwɔ kple Yuda-fia Amazya la, woŋlɔ wo de Israel-fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoas ƒe ŋutinya mamlɛa, nu siwo katã wòwɔ kple ale si wòwɔ aʋa kple Yuda-fia Amazya la, woŋlɔ wo ɖe “Israel-fiawo Ŋutinyagbalẽ” la me.