2 Kings 13:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ bena: ʋu fesre, si ɖo ta ɣedzeƒe gome! Eye wòʋui. Eye Elisa gblɔ be: Da aŋutrɔ la! Tete wòdae. Eye wògblɔ bena: Dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ tso Yehowa gbɔ kple Aram-tɔwo dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ! Asi Aramtɔwo le Afek, vaseɖe esime woatsrɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elisa gblɔ nɛ be: “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe gome!” Eʋui. Elisa gblɔ nɛ be: “Dae!” Edae. Tete Elisa gblɔ nɛ be: “Dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ tso Aƒetɔ gbɔe. Aŋutrɔ si aɖu Siria-dukɔ dzi! Àwɔ aʋa kple Siriatɔwo le Afek va se ɖe esime nàtsrɔ̃ wo.”