2 Kings 13:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Mawu ƒe ame do dɔmedzoe ɖe eŋu gblɔ bena: Ɖe wònye zi atɔ̃ alo zi aɖe nèƒoe la, eya ko hafi nasi Aramtɔwo, vaseɖe esime woatsrɔ̃; ke azɔ la zi etɔ̃ ko nasi Aramtɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Mawu ƒe ame la do dziku ɖe eŋu gblɔ be: “Zi atɔ̃ alo zi adee nàƒoe hafi, anye ne àɖu Siriatɔwo dzi va se ɖe esime woatsrɔ̃ avɔ. Ke azɔ la, zi etɔ̃ ko nàsi Siriatɔwo.”