2 Kings 13:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva me, esime wole ŋutsua ɖe ɖim, eye wokpɔ adzohawo la, wotsɔ ŋutsu la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Ke esi ŋutsu la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe eƒe afɔwo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eva eme be amewo le ŋutsu aɖe ɖim, kasia wokpɔ adzoha aɖe gbɔna. Ale wotsɔ ŋutsu la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esi ame kukua ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, egbɔ agbe, eye wòtso ɖe afɔ dzi.